Mark 1:21-28
Yesu yɔ dɔ ŋutsu gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe
(Luka 4:31-37)
21Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma. 22Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ. 23Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be, 24“Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la.” 25Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme.” 26Le Yesu ƒe gbeɖeɖea nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye wòdo go le eme. 27Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woɖoa toe. 28Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutowo katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.
Copyright information for
EweAL