Mark 1:29-34
Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu
(Mateo 8:14-17; Luka 4:38-41)
29Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒe la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu eye woyi Simɔn kple Andrea ƒe aƒe me, 30Ŋudza lé Simɔn lɔ̃xo, eye wònɔ dɔba dzi hafi wode, ale wogblɔe na Yesu. 31Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme. 32Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔléla vovovowo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la be wòada gbe le wo ŋu. 33Kapernaum du blibo la katã kloe va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu be yewoakpɔ nu. 34Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu, eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fiẽ ma. Meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu o, elabena wonya ame si wònye.
Copyright information for
EweAL