Mark 1:9-11
Yohanes de mawutsi ta na Yesu
(Mateo 3:13-17; Luka 3:21-22)
9Ɣe ma ɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ, eye Yohanes de mawutsi ta nɛ le Yɔdan tɔsisi la me. 10Esi Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi. 11Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.”
Copyright information for
EweAL