Mark 10:1-12
Yesu fia nu le srɔ̃gbegbe ŋu
(Mateo 19:1-12)
1Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum, eye woyi anyigbeme lɔƒo le Yudea nutowo me kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu, eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene. 2Farisitɔ aɖewo va egbɔ le afi sia be yewoadoe kpɔ ne yewoalée le nya aɖe me. Wobiae be, “Woɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a?” 3Yesu trɔ bia wo be, “Aleke Mose gblɔ tso srɔ̃gbegbe ŋuti?” 4Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mose ɖe mɔ be srɔ̃ŋutsu naŋlɔ agbalẽ na srɔ̃nyɔnu be yegbee.” 5Yesu ɖo eŋu be, “Miaƒe dzimesesẽ tae Mose de se sia na mi ɖo. 6Ke tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze me ke la, Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu. 7Le esia ta ŋutsu agble fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnu la ŋuti 8eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Eya ta womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka. 9Esia ta nu si ke Mawu bla la, ame aɖeke megama eme o.” 10Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe me la, nusrɔ̃lawo gado srɔ̃gbenya la ɖa. 11Yesu gblɔ na wo be, “Nenye be ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a be yeaɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe nyɔnu la ŋu. 12Nenema ke ne nyɔnu aɖe hã gbe srɔ̃a, eye wòɖaɖe ŋutsu bubu la, eya hã wɔ ahasi.”
Copyright information for
EweAL