Mark 10:46-52
Yesu yɔ dɔ Bartimeo, ŋkuagbãtɔ la
(Mateo 20:29-34; Luka 18:35-43)
46Azɔ wova ɖo Yeriko. Emegbe la, esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ nubiala aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo (Timeo ƒe vi la), nɔ anyi ɖe mɔto. 47Esi Bartimeo se be Yesu Nazaretitɔ la va yina la, edo ɣli sesĩe be, “Yesu David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam!” 48Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Ɖo to kaba!” Gake egado ɣli sesĩe wu tsã be, “Ao, David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam.” 49Esi Yesu se eŋkɔ la, etɔ ɖe mɔƒoa me hegblɔ be, “Migblɔ nɛ be neva.” Ale wogblɔ nɛ be, “Wò dzi nedze eme. Yesu le yɔwòm, tso va.” 50Eɖe eƒe awu ƒu gbe, eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ. 51Yesu biae be, “Nu ka nèdi be mawɔ na ye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Nufiala, medi be makpɔ nu.” 52Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, ava eme na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake, eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.
Copyright information for
EweAL