Mark 11:1-11
Yesu yi Yerusalem
(Mateo 21:1-11; Luka 19:28-40; Yohanes 12:12-19)
1Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ, eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo. 2Egblɔ na wo be, “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe vɛ. 3Ne ame aɖe bia mi be nu ka ta miele ka ɖemee hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm, eye aɖoe ɖa enumake.’ ” 4Nusrɔ̃la eveawo dze mɔ, eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumee la, 5ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka ta miele ka tum tedzivi la ɖo?” 6Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la na wo. 7Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖo ɖe edzi be wòadoe. 8Ame geɖewo ɖo woƒe avɔwo ɖe mɔa dzi le eŋgɔ be wòazɔ wo dzi, eye ɖewo hã ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi nɛ fũu. 9Eya ŋutɔ nɔ titina, ame aɖewo nɔ eŋgɔ, eye ɖewo hã nɔ eyome, eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be, “Hosana!”“Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.”
10“Woakafu Mawu be wòtrɔ Mía Fofo David
ƒe fiaɖuƒe la vɛ na mí!”
“Hosana le dziƒo ʋĩi.”
Yesu ƒo fi de gboti aɖe
(Mateo 21:18-19)
11Ale wòge ɖe Yerusalem dua me, eye woyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito, eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena zã nɔ dodom.
Copyright information for
EweAL