‏ Mark 11:15-17

Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ

(Mateo 21:12-17; Luka 19:45-48; Yohanes 2:13-22)

15Esi wova ɖo Yerusalem la, egayi gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu, eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya do goe me. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo ƒe zikpuiwo, 16eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke ato gbedoxɔ la me o.

17Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”
Copyright information for EweAL