Mark 11:15-19
Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ
(Mateo 21:12-17; Luka 19:45-48; Yohanes 2:13-22)
15Esi wova ɖo Yerusalem la, egayi gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu, eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya do goe me. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo ƒe zikpuiwo, 16eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke ato gbedoxɔ la me o. 17Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ” 18Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti. 19Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me le fiẽ me lɔƒo.
Copyright information for
EweAL