Mark 11:27-33
Nyahehe tso Yesu ƒe ŋusẽ ŋu
(Mateo 21:23-27; Luka 20:1-8)
27Wogava ɖo Yerusalem, eye esi wònɔ tsa ɖim le gbedoxɔ la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be, 28“Ŋusẽ kae nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?” 29Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia sia ŋu nam. 30Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa? Miɖo eŋu nam!” 31Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’ 32Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.) 33Esia ta wogblɔ nɛ be, “Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔm la na mi o.”
Copyright information for
EweAL