Mark 12:1-12
Lododo tso waingble kple agblea dzi nɔlawo ŋu
(Mateo 21:33-46; Luka 20:9-19)
1Yesu ƒo nu na wo le lododowo me be, “Ame aɖe de waingble gã aɖe, eye wòɖo gli ƒo xlãe. Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe, afi si ame anɔ, adzɔ agble la ŋu ɣe sia ɣi. Azɔ etsɔ agble la de agbledzinɔla aɖewo ƒe asi me be woakpɔ edzi, ale wòdzo yi du didi aɖe me. 2Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔla ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenuku la ƒe akpa si nye ye tɔ gome la vɛ na ye, 3gake agblea dzi nɔlawo ƒo ame dɔdɔ la, henyae ɖo ɖa asi ƒuƒlu. 4“Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu ɖa, gake woƒo eya hã, de abi eƒe ta ŋu, hedo ŋukpee. 5Ame si wògaɖo ɖa la, wowu eya gɔ̃. Tso esia dzi la, woƒo ame dɔdɔ siwo katã wòɖo ɖa la nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye wowu ɖewo gɔ̃ hã. Wonɔ esia dzi ʋuu va se ɖe 6esime wòsusɔ ame ɖeka pɛ ko, eyae nye via ɖeka hɔ̃ɔ si wòlɔ̃ vevie la. Mlɔeba la, eɖo eya hã ɖa, kple susu be woade bubu eŋu. 7“Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!” 8Ale wolée hewui, eye wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe agble la godo. 9“Nu ka miebu be agbleatɔ awɔ ne ese nya sia? Ava kple dɔmedzoe, ava wu ame vɔ̃ɖi siawo katã, eye wòatsɔ agble la ade ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. 10Mieɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la,eyae va zua dzogoedzikpe oa?
11Aƒetɔ lae wɔ nu sia,
eye wònye nukunu le mía ŋkume.’ ”
12Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko, elabena wonya be yewo ŋue wòdo lo sia ɖo. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wodzo le egbɔ.
Copyright information for
EweAL