‏ Mark 12:18-27

Yesu ƒo nu le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti

(Mateo 22:23-33; Luka 20:27-40)

18Eteƒe medidi o la, Zadukitɔwo hã va do. Ame siawo nye habɔbɔ aɖe, siwo mexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o. Wobia Yesu be, 19“Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, nɔvia ŋutsu naɖe eƒe ahosi la, adzi viwo ɖe foa si ku la ƒe ŋkɔ me. 20Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, eye wòku vimadzii. 21Ale ame si dzɔ ɖe ameyinugbe la yome la ɖe ahosi la. Eya hã ku vimadzii. Nɔvia si kplɔe ɖo la ɖe ahosi la, gake eya hã medzi vi aɖeke kplii hafi ku o. 22Ale nɔviŋutsu adreawo ku vi aɖeke madzimadzi, eye nyɔnu la hã va ku. 23Fifia la, nu si míedi be míanya lae nye be, le tsitretsitsiŋkeke la dzi ɖe, wo dometɔ kae anye nyɔnu sia srɔ̃a, elabena wo ame adrea katã ɖee kpɔ.”

24Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mienya mawunya alo Mawu ƒe ŋusẽ o, 25elabena ne ame kukuwo fɔ ɖe tsitre la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. 26Ne mieƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, miɖo ŋku nu si miexlẽ le Mose ƒe Agbalẽ me tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ 27Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawue! Miewɔ vodada gã ŋutɔ.”
Copyright information for EweAL