Mark 12:28-34
Se vevitɔ
(Mateo 22:34-40; Luka 10:25-28)
28Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma, nɔ to ɖom nya si ʋlim wonɔ la do dzesii be, Yesu ɖo nya la ŋu nyuie, eya ta ebiae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?” 29Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ɔ ko wònye. 30Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ katã.’ 31Se eveliae nye, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me la, Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.” 32Agbalẽfiala la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, èto nyateƒe esi nègblɔ be Mawu ɖeka koe li, bubu aɖeke megali o, 33eye ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese kple ŋusẽ katã. Ele be woalɔ̃ amehavi wu be woasa vɔwo, numevɔwo kple vɔsa bubuwo.” 34Esi Yesu kpɔ be eɖo nya la ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be, “Wò la, mèle adzɔge tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o.” Le esia megbe la, ame aɖeke megate ŋu bia nya aɖekee o.
Copyright information for
EweAL