‏ Mark 12:35-37

Kristo nye David ƒe vi kple eƒe Aƒetɔ

(Mateo 22:41-46; Luka 20:41-44)

35Emegbe la, esi Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔ me la, ebia ameawo be, “Nu ka ta miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo? 36Elabena David ŋutɔ gblɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be,
“Nɔ anyi ɖe nye ɖusime
va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade
wò afɔ te.” ’

37Esi David ŋutɔ yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wòaganye via?”

Nyameɖeɖe sia do dzidzɔ na eselawo ŋutɔ, ale wogbugbɔ ke to ɖe Yesu ƒe nufifia ŋu henɔ to ɖom kple dzidzɔ.
Copyright information for EweAL