‏ Mark 13:14-19

Fukpekpe gã la

(Mateo 24:15-28; Luka 21:20-24)

14“Nenye be miekpɔ ŋunyɔnu si gbãa aƒe wòle tsitre ɖe afi si mele be wòanɔ o la, nɔvi nuxlẽla, se egɔme ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 15Ame si le eƒe xɔta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke o. 16Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o.

17“Baba na nyɔnu siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me kple nyɔnu siwo si vi nonowo le. 18Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi meganye vuvɔŋɔli me o, 19elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi meva kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexea me va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi hã mava ɣe aɖeke ɣi le esia megbe o.
Copyright information for EweAL