Mark 13:14-23
Fukpekpe gã la
(Mateo 24:15-28; Luka 21:20-24)
14“Nenye be miekpɔ ŋunyɔnu si gbãa aƒe wòle tsitre ɖe afi si mele be wòanɔ o la, nɔvi nuxlẽla, se egɔme ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 15Ame si le eƒe xɔta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke o. 16Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o. 17“Baba na nyɔnu siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me kple nyɔnu siwo si vi nonowo le. 18Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi meganye vuvɔŋɔli me o, 19elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi meva kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexea me va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi hã mava ɣe aɖeke ɣi le esia megbe o. 20Nenye Mawu ɖe meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, anye ne ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, eto ŋkekeawo ɖe eme. 21“Nenye be ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kristo lae nye esi alo eyae nye ekemɛ la,’ migake nu dee o 22elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gã siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. 23Eya ta mikpɔ nyuie! Megblɔe na mi do ŋgɔ!
Copyright information for
EweAL