Mark 13:3-13
Fukpekpewo ƒe gɔmedzedze
(Mateo 24:3-14; Luka 21:7-19)
3Azɔ eɖanɔ anyi ɖe Amito la dzi afi si dze ŋgɔ gbedoxɔ la. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Wobiae be, 4“Ɣe ka ɣie nu siawo le dzɔdzɔ ge? Míakpɔ dzesi aɖe do ŋgɔ si ana míanya be nu siawo le dzɔdzɔ gea?” 5Yesu gblɔ na wo be, “Migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. 6Ame geɖewo ava agblɔ na mi be yewoe nye Kristo la, eye woakplɔ ame geɖewo atra mɔe. 7Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o. 8Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo, gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye nu siwo do ŋɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.” 9Yesu yi edzi be, “Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi dukplɔlawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta, be miegblɔ nyanyui la na wo. 10Ke ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwuŋkeke la naɖo. 11Nenye be wolé mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi le nya siwo miatsɔ aʋli mia ɖokuiwo tae la ŋu o. Migblɔ nya sia nya si Mawu de nu na mi la ko, elabena menye mia ŋutɔwoe le nu ƒo ge o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae.” 12Yesu yi edzi be, “Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ ahe nɔvia ade ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ ƒe viwo asi eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu. 13Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo, gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwu la akpɔ ɖeɖe.
Copyright information for
EweAL