Mark 14:10-11
Yuda Iskariɔt lɔ̃ be yeade Yesu asi
(Mateo 26:14-16; Luka 22:3-6)
10Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi nunɔlagãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu. 11Esi nunɔlagãwo se nu si ta wòva wo gbɔ ɖo la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ ale wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Le esia ta Yuda Iskariɔt de asi teƒe kple gaƒoƒo nyuitɔ si me wòade Yesu asi la didi me.
Copyright information for
EweAL