Mark 14:12-21
Yesu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kple eƒe nusrɔ̃lawo
(Mateo 26:17-25; Luka 22:7-14, 21-23; Yohanes 13:21-30)
12Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?” 13Edɔ nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yerusalem be woawɔ dzadzraɖo ɖe ŋkeke la ɖuɖu ŋu. Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe dua me le yiyim la, miado go ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta. 14Mikplɔ ame sia ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me. Migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Aƒetɔe dɔ mí be míava kpɔ xɔ si me nèdzra ɖo ɖi na mí be míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le!’ 15Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔ dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wòdzra ɖo la mi. Miɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena míaƒe Ŋutitotoŋkeke la ɖuɖu.” 16Nusrɔ̃la eveawo yi dua me eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi. 17Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo. 18Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.” 19Wo katã woxa nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖekaɖekae be, “Nyee nye ame si ade wò asia?” 20Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge. 21Amegbetɔ Vi la aku abe ale si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔe da ɖi xoxoxo la ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, ɖe womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.”
Copyright information for
EweAL