Mark 14:17-21
17Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo. 18Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.” 19Wo katã woxa nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖekaɖekae be, “Nyee nye ame si ade wò asia?” 20Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge. 21Amegbetɔ Vi la aku abe ale si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔe da ɖi xoxoxo la ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, ɖe womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.”
Copyright information for
EweAL