‏ Mark 14:27-31

Yesu gblɔ nya ɖi be Petro agbe nu le ye gbɔ

(Mateo 26:31-35; Luka 22:31-34; Yohanes 13:36-38)

27Yesu gblɔ na wo be, “Mi katã miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to eƒe gbeƒãɖelawo dzi be, “ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge,
eye alẽawo akaka gbẽe.’

28Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.”

29Petro gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!”

30Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”

31Petro gblɔ kple kakaɖedzi be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.” Nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke.
Copyright information for EweAL