‏ Mark 14:53-65

Le Sanhedrin la ŋkume

(Mateo 26:57-68; Luka 22:54-55, 63-71; Yohanes 18:13-14; 8:19-24)

53Wokplɔ Yesu yi nunɔlagã ƒe aƒe me, afi si nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 54Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔla gbɔ nɔ dzo ƒum.

55Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o. 56Ame geɖewo va ɖi alakpaɖasewo, gake nya siwo katã wogblɔ la mesɔ o. Ame sia ame ƒe ɖaseɖiɖi to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ.

57Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be, 58“Míese wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia, si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ” 59Togbɔ be wogblɔ alea hã la, amewo ƒe nutsotsowo gato vovo.

60Mlɔeba la, nunɔlagã la tso, bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?”

61Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo.

Nunɔlagã la gabiae be, “Wòe nye Kristo, si nye Yayratɔ la ƒe Via?”

62Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye wòanɔ lilikpowo dzi atso dziƒo ava.”

63Ŋuɖoɖo sia do dziku na nunɔlagã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be, “Ɖe wòhiã be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua? 64Gbeɖe, míekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ.”

Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso? Wo katã wobu fɔe be, “Edze na ku.”
65Azɔ ame aɖewo tu ta ɖe mo nɛ ƒia, ɖewo tsɔ nu bla mo nɛ, eye ɖewo hã tu kɔe sesĩe hegblɔ be, “Gblɔe na mí. Ame kae ƒo wò?” Eŋudzɔlawo hã ƒoe.
Copyright information for EweAL