Mark 14:66-68
Petro gbe nu le Yesu gbɔ
(Mateo 26:69-75; Luka 22:56-62; Yohanes 18:15-18, 25-27)
66Le ɣeyiɣi sia me la, Petro nɔ aƒea ƒe gbadzaƒe. Ɖetugbivi aɖe si nye nunɔlagã la ƒe subɔla ɖeka la kpɔ Petro dze sii esime wònɔ dzo ƒum. 67Ɖetugbivi la te ɖe Petro ŋu, eye wòlé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ke edo ɣli be, “Wò hã Yesu si tso Nazaret la yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.” 68Ke Petro sẽ nu gblɔ be, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu.
Copyright information for
EweAL