Mark 14:66-72
Petro gbe nu le Yesu gbɔ
(Mateo 26:69-75; Luka 22:56-62; Yohanes 18:15-18, 25-27)
66Le ɣeyiɣi sia me la, Petro nɔ aƒea ƒe gbadzaƒe. Ɖetugbivi aɖe si nye nunɔlagã la ƒe subɔla ɖeka la kpɔ Petro dze sii esime wònɔ dzo ƒum. 67Ɖetugbivi la te ɖe Petro ŋu, eye wòlé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ke edo ɣli be, “Wò hã Yesu si tso Nazaret la yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.” 68Ke Petro sẽ nu gblɔ be, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu. 69Subɔla la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòɖanɔ eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la, Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.” 70Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tsitre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galilea nètso!” 71Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le la gɔ̃ hã o.” 72Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe.
Copyright information for
EweAL