Mark 14:69-72
69Subɔla la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòɖanɔ eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la, Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.” 70Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tsitre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galilea nètso!” 71Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le la gɔ̃ hã o.” 72Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe.
Copyright information for
EweAL