Mark 15:16-20
Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu
(Mateo 27:27-31; Yohanes 19:2-3)
16Asrafoawo kplɔ Yesu yi woƒe nɔƒe le fiasã la me, eye woyɔ asrafo siwo katã dzɔa fiasã la ŋu la ƒo ƒu. 17Wodo awu dzĩ nɛ, eye wotsɔ ŋu wɔ kuku heɖɔ nɛ. 18Azɔ wode asi fewuɖuɖu le eŋu me. Wodo gbe nɛ gblɔ be, “Yudatɔwo ƒe fia nenɔ agbe tegbee!” 19Amewo tsɔ ameƒoti ƒo tame nɛ. Ɖewo ɖe ta ɖe mo nɛ, eye ɖewo bua dze klo be yewole esubɔm. 20Esi wowɔ funyafunyae ʋuu wòti wo la, woɖe awu dzĩ la le eŋu hetsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe be yewoaɖaklãe ɖe ati ŋu.
Copyright information for
EweAL