Mark 15:21-32
Woklã Yesu ɖe ati ŋu
(Mateo 27:32-44; Luka 23:26-43; Yohanes 19:17-27)
21Le mɔa dzi la, wodo go Simɔn Kirenetɔ wògbɔna dua me, eye wozi edzi be wòakpe ɖe Yesu ŋu, akɔ eƒe atitsoga la. Simɔn siae nye Aleksandro kple Rufus fofo. 22Ale wokplɔ Yesu va teƒe aɖe si woyɔna be Golgata (si gɔmee nye “Ametakoliƒe”). 23Le afi sia la, wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi aɖe hekpe nɛ, gake menoe o. 24Woklãe ɖe atitsoga ŋu. Woda akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame axɔ. 25Anɔ abe ŋdi ga asiekɛ me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu. 26Woŋlɔ nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu esi ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ ɖe ʋuƒoa dzi enye: Yudatɔwo ƒe Fia. 27Woklã adzodala eve aɖewo hã ɖe eƒe axa eveawo dzi. [ 28Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be, “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.]” 29Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu, eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ɛhɛ̃! Kpɔ ale si wòva zu na wò ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la, 30ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋue!” 31Nunɔlagãwo kple agbalẽfiala siwo nɔ tsitre ɖe teƒea hã nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu. Wogblɔ be, “Ame sia te ŋu xɔ na ame bubuwo, gake mate ŋu xɔ na eya ŋutɔ ɖokui o! 32“Wò Kristo la! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu, ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui.
Copyright information for
EweAL