‏ Mark 16:1-8

Yesu ƒe tsitretsitsi

(Mateo 28:1-8; Luka 24:1-12; Yohanes 20:1-10)

1Le fiẽ me, esi Dzudzɔgbe ŋkeke la wu enu la, Maria Magdalatɔ, Salome kple Maria Yakobo dada woyi ɖaƒle ami ʋeʋĩ si wosina na ame kuku be magblẽ kaba o la da ɖi.

2Le Kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ, le ŋdi kanya la, wofɔ, tsɔ amiawo ɖe asi dze mɔ ɖo ta Yesu ƒe yɔdo to.

3Esi wole mɔa dzi yina la, wobia wo nɔewo be, “Ame kae amli kpe gã si le yɔdo la nu la ɖa na mí?”

4Gake nukutɔe la, esi wova ɖo teƒea la, wokpɔ be womli kpe si wotsɔ tu yɔdo la nu la da ɖe adzɔge eye yɔdoa le ʋuʋu. 5Woge ɖe yɔdo la me eye wokpɔ ɖekakpui aɖe wònɔ awu ɣi tititi me, nɔ anyi ɖe yɔdo la ƒe ɖusime. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuawo ale gbegbe be dzidzi ƒo wo.

6Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa. 7Azɔ miyi ɖagblɔ nya sia na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo be: ‘Yesu dze mia ŋgɔ yina ɖe Galilea. Miakpɔe le afi ma abe ale si wògblɔe na mi hafi ku ene.’ ”

8Nyɔnuawo si do go le yɔdo la me kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Wovɔ̃ ale gbegbe be womagate ŋu aƒo nu gɔ̃ hã o.

[
Copyright information for EweAL