‏ Mark 16:9-11

9Kɔsiɖagbe ƒe ŋdi kanyae Yesu fɔ tso ame kukuwo dome eye ame gbãtɔ si kpɔe lae nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le. 10Eɖake ɖe nusrɔ̃lawo ŋu, woƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ konyi fam, henɔ avi fam. 11Egblɔ na wo be yekpɔ Yesu wòle agbe, gake nusrɔ̃lawo mexɔ nya sia dzi se o.
Copyright information for EweAL