‏ Mark 2:1-12

Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu

(Mateo 9:1-8; Luka 5:17-26)

1Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 2Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la. 3Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. 4Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme.

5Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!”

6Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be, 7“Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?”

8Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? 9Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, “Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?” ’ 10Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be, 11“Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!”

12Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!”
Copyright information for EweAL