Mark 2:23-28
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋe bli le Sabat dzi
(Mateo 12:1-8; Luka 6:1-5)
23Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖe me yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo heɖu. 24Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wobia Yesu be, “Nu ka ta wole nu si mele se nu o la wɔm le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖo?” 25Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa? 26Esi Abiata nye nunɔlagã la, David yi ɖe Mawu ƒe aƒe la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye eya kple etɔwo mae heɖu, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o, negbe nunɔlawo ko.” 27Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o. 28Gawu la, ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”
Copyright information for
EweAL