Mark 3:1-12
Yesu da gbe le dɔnɔ aɖe ŋu le Sabat dzi
(Mateo 12:9-14; Luka 6:6-11)
1Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum, eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. 2Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. 3Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. 4Etrɔ ɖe wo gbɔ hebia wo be, “Enyo be woawɔ dɔmenyo le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu nyui loo alo vɔ̃?” Ameawo katã zi kpi, eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o. 5Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo. 6Esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wotso enumake ɖawɔ ɖoɖo kple Herod dunyaheha, si de Roma dziɖuɖu dzi la le ale si woawɔ awu Yesu la ŋuti.Yesu yɔ dɔ ame geɖewo le ƒuta
7Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta, eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea. 8Esi wose nu siwo katã Yesu nɔ wɔwɔm ta la, ame geɖe siwo tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple nuto siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ kple Tiro kple Sidon nutowo me hã va. 9Yesu vɔ̃ be ameawo ava mimi ye ɖo, eya ta ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi ʋu sue aɖe ada ɖi, ale be ne ameawo mimi ye ɖo fũu akpa la, yeage ɖe eme ado le wo dome, 10elabena eda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu gbe ma gbe ale gbegbe be dɔnɔ bubuwo ƒo zi ɖe eŋu fũu henɔ didim be yewoaka asi eŋu ko. 11Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe akɔme hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu ƒe Vi la,” 12gake Yesu dea se na wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye o.
Copyright information for
EweAL