Mark 3:13-19
Yesu tia eƒe nusrɔ̃la wuieveawo
(Mateo 10:1-4; Luka 6:12-16)
13Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi, eye wòbia tso ame siwo wòtia la si be woava do go ye le afi ma, eye woyi. 14Azɔ la, etia ame wuieve be woanye apostolowo, ame siwo anɔ eŋuti gbeawo tsyo gbe, eye wòadɔ wo woayi aɖagblɔ mawunya na amewo, 15eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. 16Ame wuieve siwo wòtia la ƒe ŋkɔwoe nye:Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro),
17Yakobo kple nɔvia Yohanes, Zebedeo ƒe vi (siwo Yesu na ŋkɔe be, “dziɖegbe ƒe viwo”);
18Andrea,
Filipo,
Bartolomeo,
Mateo,
Toma,
Yakobo, Alfeo ƒe vi,
Tadeo,
Simɔn, ame si nye Zelote dunyahehamenɔla,
19kple Yuda Iskariɔt, ame si va dee asi.
Copyright information for
EweAL