Mark 3:20-27
Yesu kple Belzebul
(Mateo 12:22-32; Luka 11:14-23; 12:10)
20Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la, amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o la, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o. 21Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe, elabena wobu be eƒe tagbɔe da. 22Gake Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.” 23Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo, hedo lo sia na wo be, “Aleke Satana agate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ŋuti? 24Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo. 25Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o. 26Ne Satana tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te o, ke boŋ atsrɔ̃. 27Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me, alɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe o, negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.
Copyright information for
EweAL