Mark 4:10-12
Lododo la ƒe taɖodzinu
(Mateo 17:10-17; Luka 8:9-10)
10Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃la bubuwo susɔ la, nusrɔ̃lawo biae be, “Lododo sia gɔme ɖe?” 11Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe la godo to lododo me. 12Miɖo ŋku edzi be, “Togbɔ be wokpɔa nu, eye wosea nu hã la,womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ;
be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.”
Copyright information for
EweAL