Mark 4:35-41
Yesu tsi ahom nu le atsiaƒu dzi
(Mateo 8:23-27; Luka 8:22-25)
35Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mina míatso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.” 36Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wodze mɔ, hegble ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo hã dze wo yome. 37Esi wozɔ yina sẽe la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia na be ƒutsotsoewo ŋe dze ʋu la me ale gbegbe be esusɔ vie ko ʋu la nanyrɔ. 38Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya ziɔ suɖui le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm dziɖeɖitɔe. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae vɔvɔ̃tɔe be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?” 39Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ. 40Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia hã la, miexɔ dzinye se oa?” 41Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”
Copyright information for
EweAL