Mark 6:45-52
Yesu zɔ Atsiaƒu dzi
(Mateo 14:22-33; Yohanes 6:15-21)
45Le nuɖuɖu la nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado mɔ ameha la woayi aƒe me. 46Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa. 47Le zã me esi tɔdziʋua ɖo ƒu la ƒe titina la, eya ɖeka susɔ ɖe gota. 48Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene, 49gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒu la dzi, eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli, elabena wobu be ŋɔlie. 50Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, “Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o.” 51Azɔ ege ɖe ʋu la me, eye yaƒoƒo la tɔ. Nusrɔ̃lawo katã ƒe nu ku ŋutɔ, 52elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o. Gawu la, womese nukunu gã si wòwɔ le ɣetrɔ ma hã gɔme o, elabena woƒe dzi me sẽ.
Copyright information for
EweAL