Mark 8:1-10
Yesu nyi ame akpe ene
(Mateo 15:32-39)
1Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le teƒe aɖe gbe ɖeka, eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo be, 2“Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afi sia, naneke mele wo si woaɖu o. 3Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.” 4Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le na ameha gã sia le gbedzi afi sia?” 5Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adre.” 6Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Etsɔ abolo adreawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛkakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo, eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme. 7Lã meme ʋe aɖewo hã nɔ wo si, eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta, eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo. 8Ameawo ɖu nu, ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la, nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, woyɔ kusi adre. 9Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe ene (4,000). Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe. 10Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu la me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo, wova ɖi go ɖe Dalmanuta nuto me.
Copyright information for
EweAL