Mark 8:30-38
30Ke Yesu de se na wo be womegana ame aɖeke nanya esia o!Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ
(Mateo 16:21-28; Luka 9:22-27)
31Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe. 32Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o, eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka mo nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.” 33Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na Petro adãtɔe be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu, ke menye le Mawu tɔ nu o.” 34Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ nɛ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo. 35Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la, miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ. 36“Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me? 37Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea? 38Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya hã nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.” Mark 9:1
Yesu trɔ eƒe nɔnɔme le to dzi
(Mateo 17:1-13; Luka 9:28-36)
1Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, mia dometɔ aɖewo, siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la nava le ŋusẽ gã aɖe me.”
Copyright information for
EweAL