‏ Mark 9:14-27

Yesu da gbe le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu

(Mateo 17:14-20; Luka 9:37-43)

14Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la mamlɛawo, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nya hem kpli wo. 15Esi ameha la kpɔ Yesu la, vɔvɔ̃ ɖo wo, ke woƒu du yi egbɔ be yewoado gbe nɛ. 16Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?”

17Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. 18Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o.”

19Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”

20Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.

21Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣe ka ɣi ke wòle dɔ sia lém?”

Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke.
22Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”

23Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”

24Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!” 25Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”

26Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevi la nublanuitɔe, hedo go le eme. Azɔ ɖevi la fa miamiamia ɖe anyigba, heli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be eku. 27Ke Yesu lé eƒe alɔnu, na wòtsi tsitre, eye nukutɔe la, eƒe lãme sẽ.
Copyright information for EweAL