‏ Mark 9:2-13

2Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o.

Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe,
3eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu tititi. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexea me ate ŋu awɔe wòafu nenema o. 4Azɔ Eliya kple Mose wova do ɖe Yesu gbɔ, wode asi dzeɖoɖo me kplii.

5Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” 6(Egblɔ esia, elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.)

7Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi, hexe ɣe la ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo toe.”

8Kasia, nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o, negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo.

9Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le Amegbetɔ Vi la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko. 10Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me, gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu, eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu gblɔna be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu.

11Wobiae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm be ele be Eliya nava gbã ɖo?” 12Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo? 13Ke mele egblɔm na mi be, Eliya va, wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la abe ale si woŋlɔe ɖi la ene.”
Copyright information for EweAL