Mark 9:2-8
2Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o. Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe, 3eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu tititi. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexea me ate ŋu awɔe wòafu nenema o. 4Azɔ Eliya kple Mose wova do ɖe Yesu gbɔ, wode asi dzeɖoɖo me kplii. 5Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” 6(Egblɔ esia, elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.) 7Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi, hexe ɣe la ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo toe.” 8Kasia, nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o, negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo.
Copyright information for
EweAL