Mark 9:30-32
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi evelia
(Mateo 17:22-23; Luka 9:43-45)
30Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma, eye woɖo ta Galilea nuto me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o, 31edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.” 32Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o, gake ale si woawɔ abiae la hã zu dɔ; wonɔ vɔvɔ̃m.
Copyright information for
EweAL