Mark 9:42-48
Nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe tetekpɔwo
(Mateo 18:6-9; Luka 17:1-2)
42“Gake ne ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu xɔse si le esi ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ hekɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, anyo nɛ wu sãa. 43Ne wò asi nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nàyi dzomavɔʋe me, afi si dzo metsina le o. [ 44Afi si, “ ‘woƒe nye mekuna le o,eye dzo la hã metsina le o.]’
45Ne wò afɔ nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple afɔkpo wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, woakɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. [ 46Afi si, “ ‘woƒe nye mekuna le o,
eye dzo la hã metsina le o.]’
47Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome. Enyo na wò be nàyi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nàyi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve, 48afi si, “ ‘woƒe nyẽ mekuna le o,
eye dzo la hã metsina le o.’
Copyright information for
EweAL