Matthew 12:22-30
Yesu kple Belzebul
(Marko 3:20-30; Luka 11:14-23; 12:10)
22Azɔ wokplɔ ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe, eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã. 23Nukunu sia wɔ moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, “Alo ame siae nye David ƒe Vi la?” 24Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la, wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebul si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.” 25Yesu nya nu si gblɔm wonɔ, eya ta eɖo eŋu na wo be, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve, eye wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo, eye du alo aƒe si ma hetsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã. 26Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me la, ekema eya hã tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ te mahã? 27Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. 28Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome. 29“Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele nɛ be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. 30Misee be ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la, eyae kanɛ hlẽna.
Copyright information for
EweAL