‏ Matthew 13:53-58

Nugbegbe le Yesu gbɔ le Nazaret

(Marko 6:1-6; Luka 4:16-30)

53Esi Yesu wu lododo siawo nu la, edzo le afi ma. 54Etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle la tsoe mahã? 55Ɖe menye eyae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? Ɖe menye dadaa ŋkɔe nye Maria, eye nɔvia ŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa? 56Ɖe nɔvia nyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi ka gɔ̃ ŋutsu sia kpɔ nu siawo katã tsoe?” 57Ale wokpɔ nuɖiaɖia le eŋu.

Ke Yesu gblɔ na wo be, “Wodea bubu Nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le eya ŋutɔ ƒe dedu me kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko.”

58Ale mewɔ nukunu geɖewo le afi ma o, le woƒe dzimaxɔse ta.
Copyright information for EweAL