Matthew 13:8-23
8Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi, eye womie, tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa. 9Ame si to senu li na la nesee.”Lododo la ƒe taɖodzinu
(Marko 4:10-12; Luka 8:9-10)
10Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Nu ka ta ɣe sia ɣi ko nènɔa nu fiam amewo to lododo me ɖo?” 11Eɖe eme na wo be wo nusrɔ̃lawo ko wona mɔnukpɔkpɔ be woanya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womena mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o. 12Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe edzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la, woaxɔe le esi wòatsi asi ƒuƒlu. 13Nu sia tae metsɔa lododo fia nu amewoe ɖo be; “Togbɔ be woanɔ nua kpɔm hã la, womakpɔe adze sii o,eye woanɔ esem, gake womase egɔme o.
14Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu be, “ ‘Miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o,
Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu gake miele si dze gee o.
15Elabena ame siawo ƒe dziwo ku atri;
woƒe towo hã mesea nu o,
eye womiã woƒe ŋkuwo.
Ne menye nenema o la, woakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo,
ase nu kple woƒe towo,
ase nu gɔme kple woƒe dziwo,
woatrɔ ɖe ŋunye eye mayɔ dɔ wo.’
16Ke woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu kple miaƒe towo hã elabena wosea nu. 17Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, nyagblɔɖila geɖewo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele la, gake womete ŋui o.
Yesu ɖe lododo la gɔme
(Marko 4:13-20; Luka 8:11-15)
18“Lo si medo tso nukuwula ŋuti la ƒe gɔmeɖeɖee nye esi! 19Anyigba alo mɔ to, afi si nuku aɖewo ge ɖo la nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o, ale Satana va ɖea nyanyui la le eƒe dzi me. 20Kpenyigba lae nye ame si sea nyanyui la, eye eƒe dzi xɔnɛ kple dzidzɔ, 21gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la, woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la, wogbɔdzɔna. 22Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la, gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o. 23Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la, eye wòsea egɔme, eye eya hã ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã vaa dziƒofiaɖuƒe la mee.”
Copyright information for
EweAL