Matthew 14:1-12
Tatsotso le Yohanes nu
(Marko 6:14-29; Luka 9:7-9)
1Fia Herod se Yesu ŋkɔ 2ale wògblɔ na eƒe amewo be, “Edze ƒãa be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya ta wòte ŋu le nukunu geɖe siawo wɔm ɖo.” 3Azɔ la, Herod na wolé Yohanes, eye woblae de gaxɔ me le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ ta, 4elabena Yohanes he nya ɖe Herod ŋu be mele se nu be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o. 5Herod di be yeawu Yohanes, gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila. 6Gbe ɖeka la, Herod nɔ dzigbezã ɖum, eye Herod ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le ame kpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nya kpɔ na Herod ŋutɔ, 7eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae. 8Nyɔnuvia bia nu si wòabia la dadaa. Dadaa gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.” 9Nya sia te ɖe fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu ŋukpe le eƒe ame kpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu akɔ vɛ. 10Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me, 11tsɔ de agba me tsɔ vɛ na nyɔnuvi la, eye wòkɔe yi na dadaa. 12Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nya la, eye woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi. Emegbe la, woyi ɖaka nya la ta na Yesu.
Copyright information for
EweAL