Matthew 14:13-21
Yesu nyi ame akpe atɔ̃
(Marko 6:30-44; Luka 9:10-17; Yohanes 6:1-14)
13Esi Yesu se nya sia la, eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae la, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ dze eyome. 14Ale esi wotrɔ va ƒua ta la, ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta eda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu. 15Esi zã nɔ dodom la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Afi sia la, gbedzie; naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽnuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.” 16Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mehiã be woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!” 17Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ be, “Nu ka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le mía si le afi sia!” 18Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ wo vɛ.” 19Azɔ ebia tso ameha la si be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve la, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe wo dzi. Emegbe la, eŋe wo me tsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. 20Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie, eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la, woyɔ kusi wuieve sɔŋ. 21Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme nɔ ŋutsu akpe atɔ̃ (5,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
Copyright information for
EweAL