Matthew 14:22-27
Yesu zɔ ƒu dzi
(Marko 6:45-52; Yohanes 6:15-21)
22Le esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me atso ƒu la, ke ye la, yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒe me. 23Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ teƒe sia va se ɖe fiẽ me, 24ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ, eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam, elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem. 25Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ. 26Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Tete wodo ɣli be, “Ŋɔlie.” 27Yesu ƒo nu na wo enumake, eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ be, “Nyee, migavɔ̃ o; miaƒe dzi nedze eme.”
Copyright information for
EweAL