Matthew 14:22-33
Yesu zɔ ƒu dzi
(Marko 6:45-52; Yohanes 6:15-21)
22Le esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me atso ƒu la, ke ye la, yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒe me. 23Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ teƒe sia va se ɖe fiẽ me, 24ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ, eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam, elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem. 25Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ. 26Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Tete wodo ɣli be, “Ŋɔlie.” 27Yesu ƒo nu na wo enumake, eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ be, “Nyee, migavɔ̃ o; miaƒe dzi nedze eme.” 28Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wò tututue la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.” 29Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ nyanyram la, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wode asi toyiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, “Aƒetɔ, ɖem!” 31Yesu do asi ɖa enumake, eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ be, “O, wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka ta nèke ɖi mahã?” 32Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaƒoƒo la tɔ zi ɖeka. 33Nusrɔ̃la mamlɛa siwo le tɔdziʋua me la dze klo nɛ hegblɔ nɛ be, “Mawu ƒe Vie nènye vavã!”
Copyright information for
EweAL